Revelation of John 14

Alẽvi la kple ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene

1Kasia mekpɔ Alẽvi la le ŋkunyeme. Enɔ tsitre ɖe Zion to dzi eye ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, ame siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eŋkɔ kple Fofoa tɔ ɖo la nɔ tsitre ɖe egbɔ. 2Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe howɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la, nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene. 3Tete wodzi ha yeye le fiazikpui la ŋgɔ kple nugbagbe eneawo kpakple amegãxoxoawo ƒe ŋkume. Ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ ha la o negbe ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, ame siwo woɖe tso anyigbadzi la ko. 4Ame siawoe nye ame siwo meƒo ɖi wo ɖokuiwo kple nyɔnunya o elabena wowɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe. Wokplɔa Alẽvi la ɖo afi sia afi si wòyina. Woƒle wo tso amegbetɔwo dome eye wotsɔ wo na Mawu kple Alẽvi la abe nukuwo ƒe gbãtɔwo ene. 5Womekpɔ alakpa aɖeke le woƒe nume o elabena wonye mokakamanɔŋutɔwo.

Mawudɔla etɔ̃awo kple woƒe gbedeasiwo

6Tete mekpɔ mawudɔla bubu wònɔ dzodzom le yame eye nyanyui mavɔ la le esi ne wòaɖe gbeƒãe na ame siwo le anyigba dzi, na dukɔ ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe gbe gbɔ gblɔ ɖe sia ɖe kple ƒome ɖe sia ɖe. 7Egblɔ kple gbe gã aɖe be, “Mivɔ̃ Mawu eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo la va ɖo. Misubɔ eya ame si wɔ dziƒowo, anyigba, atsiaƒu kple tsidzidziwo.”

8Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.”

9Mawudɔla etɔ̃lia kplɔ wo ɖo le gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be, “Ne ame aɖe asubɔ lã wɔadã la kple eƒe legba eye wòaxɔ eƒe dzesi ɖe ŋgonu alo eƒe asi ŋuti la, 10eya hã ano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wain si wokɔ ɖe Mawu ƒe dziku helihelĩ ƒe kplu la me wòyɔ banaa. Woawɔ funyafunyae kple aŋɔdzo le mawudɔla kɔkɔeawo kple Alẽvi la ŋkume. 11Eye woƒe fuwɔame ƒe dzudzɔ atu ayi dzime tso mavɔ me yi mavɔ me. Dzudzɔ aɖeke meli na ame siwo subɔ lã wɔadã la kple eƒe legba la zã kple keli o alo na ame si xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi ɖe eƒe ŋgonu o.” 12Esia hiã dzigbɔɖi le dzidodo me le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi, ame siwo wɔa Mawu ƒe sededewo dzi eye wonɔa nuteƒewɔwɔ, dzi na Yesu.

13Ke mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ be, ‘Woayra ame siwo ku le Aƒetɔ la me tso azɔ dzi heyina’.” Ẽ, gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm be, “woadzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me elabena woƒe nuwɔnawo adze wo yome.”

Xexeame ƒe nuŋeɣi la do

14Tete mekpɔ alilĩkpo ɣi aɖe le nye ŋkume eye ame aɖe si le abe, “amegbetɔvi la ene” la bɔbɔ nɔ anyi ɖe alilĩkpo la dzi. Sikafiakuku le ta nɛ eye wòlé hɛ gobe ɖaɖe ɖe asi. 15Kasia mawudɔla bubu do go tso gbedoxɔ la me eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ na ame si nɔ anyi ɖe alilĩkpo la dzi gblɔ bena, “Tsɔ wò hɛ gobe la eye nàxa nu elabena nuŋeɣi ɖo eye anyigba ƒe nukuwo ɖi hena xaxa.” 16Ale ame si nɔ alilĩkpoa dzi la, nye eƒe hɛ gobe la ɖe anyigba blibo la tame, ale wòxa nukuwo le anyigba la dzi.

17Mawudɔla bubu do go tso gbedoxɔ si le dziƒo la me. Hɛ gobe ɖaɖe nɔ eya hã sime. 18Mawudɔla bubu kplɔ eya hã ɖo; eyae nye ame si kpɔa dzo la dzi. Edo go tso vɔsamlekpui la me eye wògblɔ na ame si lé hɛ gobe ɖaɖe la ɖe esi la kple gbe sesẽ aɖe be, “Tsɔ wò hɛ gobe ɖaɖe la eye nàxa wainkpowo le anyigba ƒe wainkawo ŋu elabena eƒe waintsetseawo ɖi.” 19Mawudɔla la nye eƒe hɛ gobe la ɖe anyigba dzi eye wòxa eƒe waintsetsewo hetsɔ wo trɔ ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wainfiaƒe gã la. 20Wonya avuzi le wo dzi le wainfiaƒe la le du la godo, ʋu si tso wainfiaƒe la eye eƒe kɔkɔme anɔ abe sɔ si wobla akpa na la ene; afi si ke wòsi ɖo la anɔ abe kilomita alafa etɔ̃ ene.

Copyright information for EweBEE